下载 PDF
返回故事列表

Magozwe 玛格威

作者 Lesley Koyi

插图 Wiehan de Jager

译文 Kumah Godwin Kwaku (OLE Ghana)

语言 埃维语

级别 5级

将整故事念出来 本故事尚未有语音版。


Le Nirobi ƒe du gã me, afi siɖetsɔleme na agbenɔnɔ mesɔ kple ale si wὸle le kɔƒewo me o lae ŋutsuvi kpɔdometsilawo de ha ɖo. Wonɔa agbe ɖe ale si ŋu ke ɖe woe la nu. Gbe ɖeka ŋdi la ŋutsuviawo nɔ ƒuƒom woƒe aba siwo dzi womlɔ le xɔxɔnufafa aɖe la. Wotsɔ gbeɖuɖɔ do dzoe be vuvɔ nagawɔ yewo o. Magozwe nɔ ŋutsuviawo dome. Eyae nye ɖevitɔ wu le wo dome.

在内罗毕这座繁忙的城市里,住着一群流浪的男孩,他们日复一日地活着,从来不知道什么是舒适安逸的生活。一天早上,男孩们从冰冷的人行道上醒来,把他们用来睡觉的毯子叠起来。天太冷了,为了驱赶寒气,他们用拾来的垃圾燃起了一堆火。在这群男孩中有一个人叫玛格威。


Magozwe xɔ ƒe atɔ̃ ko hafi edzilawo ku le egbɔ. Eyi ɖanɔ nyruia gbɔ. Ŋutsu sia metsɔ ɖeke le eme nɛ o. Menaa nuɖuɖu Magozwe wὸɖua ɖia ƒo o. Dɔ sesẽwo ko wὸdea asi nɛ be wὸawɔ.

玛格威的父母过世时,他只有五岁,他搬去跟叔叔一起生活。叔叔从来不关心玛格威。玛格威在叔叔家挨饿受冻,还要干很多体力活。


Nenye be Magozwe fa konyi olo bia nya aɖe la,nyruia ƒonɛ. Esi magozwe bia be yeate ŋu ayi suku mahã la, nyruia ƒoe hegblɔ kpe ɖe eŋu be, “Edzɔ lã akpa eya ta mɔ̃srɔ̃ naneke anyae o.” Le funyafunya wɔwɔe ƒe etɔ̃ megbe la, Magozwe si dzo le nyruia gbɔ eye wὸdze agbe gɔme le kpɔdome.

一旦玛格威稍有抱怨,叔叔就会对他拳打脚踢。有一次,玛格威问叔叔他能不能去上学,叔叔狠狠地打了他几下,说:“你这傻瓜,用得着上学吗?”玛格威过了三年这样的日子,终于离家出走,无家可归。


Kpɔdomegbenɔnɔ sesẽ ale gbegbe eye ŋutsuviawo dometɔ geɖe kpea fu hafi kpɔa woƒe agbebolo. Ɣeaɖewoɣi la, woléawo, ɣeaɖewoɣi la woƒoa wo. Nenye be wodze dɔ la, womekpɔa kpeɖeŋutɔ aɖeke o. Ga sue si kpɔdomevi siawo kpɔ tso nubiabia kple aŋenuwo dzadzra me la ŋutie woɖoa ŋu ɖo. Kpɔdomevi hatsotso bubu siwo di be yewoaɖo tɔ ɖe du gã la me ƒe akpa aɖewo dzi la kpea avu kple woƒe futɔ hatsotso bubuwo. Esia wɔe be agbenɔnɔ va sesẽ ɖe edzi.

流浪生活非常艰辛,大多数男孩每天只能混个温饱。他们有时候会被抓起来,有时候会挨打。当他们生病的时候,没有人照顾他们。这群男孩就靠乞讨得来的一点点钱过活,他们有时候也会卖塑料品和旧货赚点钱。有时候别的流浪汉会来找茬,争夺领地,那时候生活就更艰难。


Gbe ɖeka esi Magozwe nɔ gbeɖuɖɔlɔnu me tsam la, eke ɖe ŋutinyagbalẽ xoxo vuvu aɖe ŋuti. Etutu ɖia ɖa le eŋu eye wὸtsɔe de eƒe kotoku me. Tso gbema gbe dzi la, atsɔ agbalẽa anɔ nɔnɔmetatawo kpɔm. Menya ale si wὸaxlẽ nyawo o.

有一天,玛格威正在翻垃圾箱,他找到了一本破旧不堪的故事书。他把书上的灰尘吹走,把书放进了袋子里。每天完工后,他会把书拿出来,翻着上面的图画,可惜他看不懂上面的文字。


Nɔnɔmetatawo ƒo nu tso ale si ŋutsuvi aɖe tsi va zu yameʋukulae la ŋuti. Magozwe ƒe didie wὸnye be yeava zu yameʋukula. Ɣeaɖewoɣi la, ebunɛ be yee nye ŋutsuvi si le ŋutinya la me.

图画书讲的是一个男孩长大成为飞行员的故事。玛格威有时候会梦想自己成为一个飞行员。有时候,他想象着自己就是故事中的男孩。


Xexe me fa eye Magozwe tsi tre ɖe ablɔ dzi henɔ nu biam. Ŋutsu aɖe si woyɔna be Thomas la zɔ yi egbɔ. Egblɔ nɛ be, “Afi si mele dɔ wɔm le la te ɖe afi sia ŋu, afi si ɔ̃te ŋu akpɔ nane aɖu le.” Edo asi ɖe xɔ aɖe si ƒe amadede nye aŋgbaɖiɖitɔ eye wogbae kple amadede blɔtɔ la gbɔ eye wὸbiae be, “Ayi afi ma aɖaxɔ nuɖuɖu aɖea?” Magozwe kpɔ ŋutsua duũ eye wὸkpɔ xɔa hã ɖa eye wὸgblɔ be, “Ɖewomahĩ,” eye wὸzɔ dzo.

有一天,天气很冷,玛格威站在街头乞讨。一个男人走过来,跟他打招呼:“你好,我叫托马斯。我在这儿附近工作,你可以到那儿拿点吃的。”他指着一座蓝顶黄墙的房子,“我希望你别客气,到那儿去拿点吃的吧!”玛格威看了看男人,又看了看房子,说:“可能吧!”然后他就走开了。


Le ɣleti aɖewo megbe la, ŋutsuvi kpɔdomeviawo ƒe Thomas kpɔkpɔ va zu numame na wo. Thomas lɔ̃ nuƒoƒo na amewo vevitɔ na kpɔdomeviwo. Thomas se amewo ƒe agbeme ŋutinyawo kpɔ. Ese wo kple movevieɖoɖo kpakple dzigbɔɖi, ke menye kple adã kple amemabumabu o.Ŋutsuviawo dometɔ aɖewo de asi aƒe la me yiyi me hena nuɖuɖu xɔxɔ le ŋdɔ me.

接下来的几个月,流浪的男孩们渐渐认识了托马斯。他喜欢跟人聊天,特别是无家可归的人。托马斯听别人讲他们的故事。他不苟言笑,非常耐心、有礼貌,尊重他人。一些男孩开始在白天去蓝顶黄墙的房子里找吃的。


Magozwe bɔbɔnɔ mɔtata aɖe dzi henɔ eƒe nɔnɔmetatagbalẽa me kpɔm esi Thomas vanɔ anyi ɖe egbɔ. Thomas biae be, “Nu ka ŋutie ŋutinya la tso?” Magozwe ɖe ŋu nɛ be, “Etso ŋutsuvi aɖe si va zu yameʋukula la ŋuti.” Thomas gabiae be, “Ŋutsuvia ƒe ŋkɔ ɖe?” Magozwe gblɔ kple gbe blewu be, “Nyemenya o, nyemate ŋu axlẽ nu o.”

有一天,玛格威正坐在人行道上看故事书,托马斯来了坐在他旁边。托马斯问:“这本书讲了什么故事?”玛格威回答说:“这是关于一个男孩成为飞行员的故事。”托马斯问:“男孩叫什么名字?”玛格威声音低了下去:“我不知道,我不识字。”


Esi wokpe la, Magozwe de asi nu ƒom tso eya ŋutɔ ŋuti na Thomas. Eƒo nu tso nyruia kple nu sita wὸsi le egbɔ la ŋuti. Thomas meƒo nu fuũ o, eye megblɔ nu si Magozwe nawɔ la o gake eɖoa toe ɣe sia ɣi.Ɣe aɖewo ɣi la woɖoa dze le aƒe si wogba kple amadede blɔ la me nenye be wole nu ɖum.

当他们再次见面的时候,玛格威开始跟托马斯讲自己的故事,他的叔叔怎么对他,他怎么逃离了叔叔家。托马斯没说什么,也没有告诉玛格威该怎么做,但是他听得很仔细。有时候他们会一边在蓝顶黄墙的房子里吃东西,一边聊聊天。


Esi Magozwe xɔ abe ƒe ewo la, Thomas na ŋutinyagbalẽ yeye aɖee. Enye ŋutinya si tso ŋutsuvi kɔƒetɔ aɖe si tsi va zu bɔluƒola si ƒe ŋkɔ ɖi hoo la ŋuti. Thomas xlẽ ŋutinya la to eme na Magozwe zi geɖe va se ɖe esime wὸgblɔ nɛ gbeɖeka be, “Mebui, ɣeyiɣide azɔ̃ be nɔ̃yi suku aɖasrɔ̃ nuxexlẽ. Alekee nye wὸ susu?” Thomas ɖe eme nɛ be yenya teƒe aɖe si ɖeviwo ate ŋu anɔ ade suku.

玛格威十岁生日的时候,托马斯给了他一本新的故事书,这是关于一个乡下男孩成为足球运动员的故事。托马斯给玛格威讲过这个故事很多次。有一天,托马斯说:“我觉得你应该去上学,去识字。你觉得呢?”托马斯说他知道一个地方,孩子们可以住在那儿,上学。


Magozwe bu tame tso teƒe yeye sia kple sukua yiyi ŋu. Nu kae adzɔ nenye be nyruia ƒe nya si wὸgblɔ be eƒe tagbɔ fa, mate ŋu asrɔ̃ naneke le suku o? Nenye be woƒoe le teƒe yeye sia ɖe? Enɔ vɔvɔ̃m. Ebui be, “Ɖewomahĩ kpɔdome nɔnɔ ahanyo awu.”

玛格威想了想去新地方生活,上学。但是,如果他叔叔说得对,他太笨了上不了学怎么办?如果在新的地方,他又要挨打怎么办?他有点儿害怕,心想:“也许我注定就要睡在马路边。”


Eɖe vɔvɔ̃ si nɔ eme la fia Thomas. Ke Thomas kã ɖe edzi nɛ be agbenɔnɔ aka ɖe eme nɛ le teƒe yeyea wu.

他把自己的想法告诉了托马斯。托马斯对他循循善诱,终于说服了玛格威,他在新地方一定会过上更好的生活。


Magozwe ʋu yi aƒe aɖe si wogba kple amadede aŋgbaɖiɖitɔ la me. Eya kple ŋutsuvi bubu eve woe nɔ xɔ ɖeka me. Le aƒe bliboa me la, ɖevi ewoe nɔe kpeɖe Aƒenɔ Cissy kple srɔ̃a, avu etɔ̃, dadi ɖeka kpakple gbɔ̃ tsitsi ɖeka ŋuti.

玛格威搬到了新家,新家的屋顶是绿色的。他和两个男孩住一间房间。屋子里还住着其他十个孩子。和他们住在一起的是茜茜阿姨和她的丈夫,还有三只狗,一只猫,一头老山羊。


Magozwe dze suku gɔme gake menɔ bɔbɔe nɛ o. Dɔ geɖe dze ŋgɔ nɛ wὸdze be wὸawɔ.Ɣe aɖewo ɣi la edi be yeana ta gake ebua tame tso yameʋukula kple bɔlɔƒola ŋuti le ŋutinyagbalẽawo me. Abe woawo enea, mena ta o.

玛格威开始读书,他遇到了不少困难,很难赶上他的同学们,有时候他差点就要放弃了。但他每次想起故事书里的飞行员和足球运动员,他都坚持了下来,就像他们一样。


Magozwe nɔ anyi ɖe aƒea me henɔ ŋutinyagbalẽ si wὸtsɔ tso suku la xlẽm. Thomas va nɔ anyi ɖe egbɔ. Thomas biae be, “Nu ka ŋutie ŋutinya la tso?” Magozwe ɖe eŋu nɛ be, “Eƒo nu tso ŋutsuvi aɖe si va zu nufiala la ŋuti.” Thomas biae be, “Ŋutsuvia ƒe ŋkɔ ɖe?” Magozwe ko alɔgbɔnui hegblɔ be, “Eƒe ŋkɔe nye Magozwe.”

有一天,玛格威正在屋子后院里看书,托马斯来了,坐在他旁边:“这本书讲了什么故事?”玛格威回答说:“这是关于一个男孩变成老师的故事。”托马斯问:“那个男孩叫什么名字?”玛格威咧嘴一笑:“他叫玛格威。”


作者: Lesley Koyi
插图: Wiehan de Jager
译文: Kumah Godwin Kwaku (OLE Ghana)
语言: 埃维语
级别: 5级
出处: 原文来自非洲故事书Magozwe
共享创意授权条款
本着作系采用共享创意 署名 4.0 未本地化版本授权条款授权。
读多啲5级故事:
选项
返回故事列表 下载 PDF